Ephesians 5

Minye mawusrɔ̃lawo

1Eya ta mizu mawusrɔ̃lawo abe vi lɔlɔ̃wo ene 2eye minɔ agbe le lɔlɔ̃ me abe ale si Kristo lɔ̃ mí hetsɔ eɖokui na ɖe mia ta abe nunana kple vɔsa si le ʋeʋem lililĩ na Mawu la ene.

3Migaɖe mɔ na ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye kple ŋukeklẽ be woanɔ mia me o. Migana be ame aɖeke nakpɔ kpɔtsotso le mia ŋuti le nu vɔ̃ siawo ta o. 4Mele be woase glitoto vlowo, nya ƒoɖiwo kple dzeɖoɖo madzetowo le mia nu o. Ke boŋ la, miɖo ŋku Mawu ƒe amenuveve dzi na mia nɔewo eye miada akpe ɖe eta.

5Miate ŋu aka ɖe edzi bena: Mawu kple Kristo ƒe fiaɖuƒe la manye ame makɔmakɔ kple ŋuklẽla tɔ o, elabena ŋuklẽla sɔ kple legbasubɔla, elabena elɔ̃na eye wòsubɔa nu nyui siwo le xexeame ɖe Mawu teƒe. 6Ame siwo doa taflatsɛ eye wowɔa nu siawo la megaflu mi o, elabena Mawu ƒe dziku helihelĩ le ame siwo wɔa nu siawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi. 7Hekpe ɖe esia ŋu la, migade ha gɔ̃ hã kple ame siawo ƒomeviwo o. 8Elabena tsã la, viviti yɔ miaƒe dziwo me fũ, ke azɔ la, kekeli si tso Aƒetɔ la gbɔ la xɔ eteƒe eya ta mina miaƒe agbe naɖe kekeli la afia! 9Le kekeli sia si le mia me ta la, miwɔ nu siwo ko nyo, nu siwo le dzɔdzɔe kple nu siwo le eteƒe.

10Le miaƒe agbe me la, misrɔ̃ eye mianya nu siwo ko dzea Aƒetɔ la ŋu. 11Migakpɔ gome le vivisese vlowo kple vivitimenu aɖeke me o; ke boŋ mika mo na nu vlo wɔlawo, eye miaɖe woƒe vivimenuwɔwɔ ɖe go. 12Anye ŋukpenanu alo ŋunyɔnu gɔ̃ hã be maƒo nu le vivitimenuwɔna siwo mawumavɔ̃lawo wɔna la ŋuti. 13Ke nu sia nu si dzi kekeli klẽ la dzena wokpɔna, 14elabena kekelie nana wokpɔa nu sia nu. Esia tae woŋlɔ ɖi be, “O, alɔ̃dɔla nyɔ, nyɔ tso ku me, eye Kristo aklẽ ɖe dziwò.” 15Eya ta mikpɔ nyuie be miaganɔ agbe abe numanyalawo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene 16ame siwo wɔa woƒe mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋudɔ nyuie elabena míele ŋkeke sesẽwo me fifia. 17Migawɔ naneke tamemabumabutɔe o, ke boŋ miadi nu si Aƒetɔ la di be miawɔ eye miawɔe. 18Migano aha fũ o, elabena nu vɔ̃ geɖe dea xa ɖe ahatsunola ƒe mɔ dzi. Mina Gbɔgbɔ Kɔkɔe la boŋ nayɔ mi taŋtaŋ eye mina eya naɖu mia dzi.

19Mitsɔ Psalmowo kple kafukafuhawo ƒo nu na mia nɔewo tso Aƒetɔ la ŋuti, midzi ha kɔkɔewo eye miaƒo wo na Aƒetɔ la le miaƒe dziwo me. 20Mida akpe na Mawu Fofo la ɖaa le nu sia nu ta le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me.

Ɖoɖowo hena srɔ̃tɔwo

21Mibɔbɔ mia ɖokuiwo na mia nɔewo ekema miade bubu Kristo ŋuti. 22Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokui ɖe mia srɔ̃wo ƒe kpɔkplɔ te abe ale si miebɔbɔ mia ɖokuiwo ɖe Aƒetɔ la te ene. 23Abe ale si Kristo nye ta na eƒe ŋutilã si nye kristohamea ene la, nenema kee ŋutsu hã nye ta na srɔ̃a. Elabena Kristo tsɔ eya ŋutɔ ƒe agbe ɖo anyi ɖe ha la ta be yeanye eƒe Ɖela! 24Eya ta mi nyɔnuwo la ele na mi be miaɖo to mia srɔ̃wo le nu sia nu me, abe ale si hamea hã ɖoa to Kristo ƒe gbe ene.

25Azɔ mi ŋutsuwo hã, lɔlɔ̃ deto ma si Kristo ɖe fia hamea eye wòku ɖe eta la, miawo hã miɖe eya ke fia mia srɔ̃wo. 26Esi Kristo ku ɖe hame la ta la, ewɔe kɔkɔe, dzadzɛ eye wòklɔ eŋuti to mawutsideta kple Mawu ƒe nya la me; 27ale bena yeate ŋu axɔe na ye ɖokui abe hame kɔkɔe, si dza eye ɖiƒoƒo kple kpɔtsotso aɖeke mele eŋu o la ene. 28Nenemae wòle be ŋutsuwo nalé be na wo srɔ̃woe, eye woalɔ̃ wo abe woawo ŋutɔ ɖokuiwo ene. Elabena zi ale si ŋutsu kple srɔ̃a wole ɖeka azɔ la, zi nenema ke ŋutsu anɔ eɖokui nu vem anɔ eɖokui lɔ̃m, nenye be elɔ̃ srɔ̃a. 29Le nuwo katã me la, ame aɖeke melé fu eya ŋutɔ ƒe ŋutilã kpɔ o, ke boŋ enyinɛ eye wòléa be nɛ abe ale si Kristo wɔna na eƒe hamea ene 30elabena eƒe ŋutilã ƒe ŋutinuwo míenye.

31Nya sia be, ŋutsu kple nyɔnu wonye ŋutilã ɖeka la, tso mawunya sia ƒe kpeɖodzi me be: “Ele be ŋutsu nagblẽ fofoa kple dada ɖi nenye be eɖe srɔ̃, ale be wo kple srɔ̃a nawɔ ɖeka, eye womaganye eve o, ke boŋ woanye nu ɖeka.” 32Menyae be nya sia gɔmesese sesẽ, gake enye ale si míenye akpa vovovowo na Kristo ƒe ŋutilã la ƒe kpɔɖeŋu.

33Eya ta megale egblɔm na mi be, ele be ŋutsu nalɔ̃ srɔ̃a abe eya ŋutɔ ɖokui ene eye nyɔnua hã nakpɔ egbɔ be eya hã tsɔ bubu deto tɔxɛ na srɔ̃a, aɖo toe, akafui, eye wòado kɔkɔe ɣesiaɣi.

Copyright information for EweBEE